2023:Nu yeyewo

From Wikimania
This page is a translated version of the page 2023:Updates and the translation is 97% complete.
Outdated translations are marked like this.


Kpɔ teƒe sia hena nyatakaka yeyewo edziedzi esime Ðoɖowɔha Gãtɔ (COT) kple Mɔfiame Kɔmiti (SC) le ŋgɔ yim le ɖoɖowɔwɔ ɖe Wikimania 2023 ŋu me.

Updates

20 Dzove 2022

Wowu lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo yɔyɔ nu na Akpa 1. Akpe na amesiwo katã tsɔ dɔmenyonyo de asi agbalẽ te! Mɔnukpɔkpɔ bubuwo anɔ anyi be míatsɔ mía ɖokui ana, elabena míahiã kpekpeɖeŋu geɖe wu ne Wikimania le tetem ɖe eŋu. Àte ŋu ayi 2023:Volunteer be nànya nu geɖe.

Wikimania 2023 Core Organizing Team kple ESEAP da akpe na mi ɖe miaƒe kpekpeɖeŋu ta, eye mɔnukpɔkpɔ bubuwo aganɔ anyi ne mède asi agbalẽ te haɖe o.

Nusi adzɔ emegbe: COT adzro nusiwo woatsɔ ana le nuto siwo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖe fia ŋu. Dɔ siwo woawɔ enumake dometɔ aɖewo abia tso lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo si be woawɔ Wikimedia Foundation Trust & Safety ƒe ŋkuléle ɖe eŋu to asidede agbalẽ te be womaɖe nyatakakawo ɖe go o (NDA) le ame ŋutɔ ƒe nyatakakawo xɔxɔ ta. Ne míewu esia nu ko la, míaɖo amekpekpewo ɖa be míava wɔ ɖeka kple kɔmiti sue aɖe.

Dzi megaɖe le ƒowò o, akpa sia axɔ ɣeyiɣi aɖe, eye míaƒe susu anɔ nuto siwo me wòle be COT nadze egɔme kaba, abe Gakpekpeɖeŋunana ƒe ƒuƒoƒoawo ene. Abe wɔna si wotsɔ tsaka ene la, Wikimania aƒo wɔna eve nu ƒu (ame ŋutɔ kple internet dzi), eyata mɔnukpɔkpɔ geɖe anɔ ŋgɔ.

Esi COT dze tiatiawɔblɔɖe dodokpɔ gɔme la, míabia tso asiwò hã be nàkpɔ gome le numedzodzro siawo me, to dɔwɔnu vovovo siwo anɔ anyi la zazã me.

Ne èto kaƒoƒo sia me la, Ne èto kaƒoƒo sia me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe yɔyɔ gakpɔtɔ le edzi yim esi míegale nusi ate ŋu adzɔ la kpɔm le susu me. Taflatse yi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe axa si le 2023:Volunteer hena nyatakaka bubuwo.

12 Dzove 2022

Yɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo si woda ɖe mɔ̃ geɖewo dzi - Wikimedia-L, Telegram ƒuƒoƒowo, Facebook ƒuƒoƒowo, on-wiki. Ɣeyiɣi mamlɛtɔ 19 September 2022.

5 Dzove 2022

  • Wowu ƒe 2023 ƒe Ðoɖowɔha Vevi ƒe yɔyɔ nu eye wona nyanya ƒuƒoƒo yeyeawo me tɔwo

1 Dzove 2022

  • COT, Mɔfiame Kɔmiti, WMF le nu ƒom
    • IRL, Internet, Satellite nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖowo ƒe ƒoƒo ƒu ɖekae
    • teƒe siwo woawɔe le ƒe tiatia
    • ɣeyiɣi si woatsɔ adzra ɖo ɖe ɖoɖowɔɖia ƒe nyatakakawo ɖoɖoɖa, gakpekpeɖeŋunana, kple satelait dzi wɔnawo ŋu
  • Ticket Phabricator be wòabia be Wikimania.wikimedia.org nanɔ klalo na ƒe 2023
  • COT & SC le ŋku lém ɖe Wikimania ƒe nɔnɔmewo, dɔwɔnawo, kple nɔnɔmewo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu si de to wu

26 Afɔfiɛ 2022

  • Du:Singapore – woɖo kpe edzi.
  • Ɣletiŋkekewo: July/August -
  • COT: dziyiyi kpɔ etame yɔyɔ
  • Tanya: Ŋusẽ si le nuwɔwɔ aduadu vovovowo me: Sidzedze mamã nana amewo ƒoa ƒu. – Tee kpᴐ gbãtɔ ƒe tanya na ƒe 2020


Wɔnawo ƒe ɖoɖowɔwɔ